Mark 10:35-45

Yakobo kple Yohanes ƒe dzimedidi

(Mateo 20:20-28)

35Azɔ Yakobo kple Yohanes Zebedeo viwo, va egbɔ va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ dɔmenyo aɖe na mí.”

36Yesu bia wo be, “Nu ka dɔmenyo?”

37Woɖo eŋu nɛ dzaa be, “Míedi be míanɔ fiazikpui siwo te ɖe tɔwò ŋu tututu la dzi le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”

38Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole nam la hã nua?”

39Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge la me eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala, 40gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zi siwo te ɖe tɔnye ŋu la dzi o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.”

41Nusrɔ̃lawo ewo mamleawo se nu si Yakobo kple Yohanes yi ɖabia Yesu ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie. 42Le esia ta Yesu yɔ wo va egbɔe hegblɔ na wo bena, “Abe ale si mienya ene la, anyigbadzi fiawo kple amegãwo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi kple ŋusẽ. 43Gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla. 44Eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi. 45Elabena, Nye, Mesia la, nyemeva afi sia be ame aɖeke nasubɔm o, ke boŋ be masubɔ amewo eye be matsɔ nye agbe na ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”

Copyright information for EweBEE